Matthew 18:6-9

6Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye woano tsi aku boŋ.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu

(Marko 9:42-48; Luka 17:1-2)

7“Babaa na xexeame le nu siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ ta! Nu siawo ava eme tsã, gake babaa na ame si dzi woato ava! 8Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lãlɛ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 9Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke nàyi dzo mavɔ me.

Copyright information for EweBEE